Matthew 6

Nufiafia le dɔmenyowɔwɔ ŋuti

1“Mikpɔ nyuie be miagawɔ miaƒe ‘dzɔdzɔenyenyedɔwo’ le amewo ŋkume be woakpɔ o. Ne miewɔe nenema la, miaxɔ fetu aɖeke tso mia Fofo si le dziƒo la gbɔ o.

2“Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔnae le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la, katã xoxo. 3Ke ne miena nu ame dahe aɖe la, migana miaƒe miabɔ nanya nu si wɔm miaƒe ɖusibɔ le la o, 4ale be miaƒe nunana nanye bebemenu. Ekema mia Fofo si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la natu fe na mi.

Nufiafia le gbedododa ŋuti

(Luka 11:2-4)

5“Ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ abe alakpatɔwo ene o, elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo ƒe dzogoewo dzi be amewo nakpɔ yewo. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be woxɔ woƒe fetu la katã xoxo. 6Ne ebe yeado gbe ɖa la, yi ɖe wò xɔme nàtu ʋɔa eye nàdo gbe ɖa na Fofowò, ame si womekpɔna o ekema Fofowò, ame si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la, atu fe na wò.

7“Ne miele gbe dom ɖa la migagblɔ nyawo taŋtaŋ abe Trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobuna be yewoaxɔ yewo ƒe ŋuɖoɖo le nya geɖewo gbɔgblɔ ta. 8Miganɔ abe woawo ene o, elabena mia Fofo nya nu siwo hiãa mi gɔ̃ hafi miebianɛ.

9“Ale miado gbe ɖae nye si, ‘Mía Fofo, si le dziƒo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti, 10wò fiaɖuƒe neva, woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene. 11Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi. 12Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí abe ale si míawo hã míetsɔnɛ ke na ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene. 13Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la sime.’ 14Elabena ne mietsɔ vo siwo amewo da ɖe mia ŋuti ke wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã, atsɔ ake miawo hã. 15Ke ne mietsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo o la mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o.

Nufiafia le nutsitsidɔ ŋuti

16“Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo. 17Ke ne miawo mietsi nu dɔ la, midzra mia ɖokui ɖo nyuie abe ɖe miele naneke wɔm o ene, 18ale be ame aɖeke naganya be mietsi nu dɔ o, negbe mia Fofo si womekpɔna o gake eya kpɔa nu sia nu si wowɔ le bebeme la eye axe fe na mi.

Miaƒe kesinɔnuwo nanɔ dziƒo

(Luka 12:33-34)

19“Migadzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe anyigba dzi afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle gblẽa nu le eye fiafitɔwo gbaa ʋɔ hefia nu le la o. 20Ke boŋ midzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle megblẽa nu le eye fiafitɔwo megbaa ʋɔ hefia nu le na o.

21“Elabena afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma kee miaƒe dzi hã anɔ.

Ŋutila ƒe kekeli

(Luka 11:34-36)

22“Ŋkue nye akaɖi na ame blibo la, eya ta ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli. 23Ke ne wò ŋku dzi mekɔ o la, wò ame blibo la, àyɔ fũu kple viviti ekema ne kekeli si le mewò trɔ zu viviti la, ale ke gbegbe viviti la asẽ ŋui!

Mawu kple ga

(Luka 6:13)

24“Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu vevie eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Màte ŋu asubɔ Mawu kple Ga siaa o.”

Le dzimaɖeɖitsitsi ŋuti

(Luka 12:22-34)

25“Eya ta mele egblɔm na mi bena, migatsi dzimaɖeɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nutata oa? 26Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la naa nuɖuɖu wo. Ɖe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa? 27Mia dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu?

28“Ekema nu ka ŋutie mietsia dzi ɖe nutata ŋu? Mikpɔ ale si dzogbenyawo le gbedzi tsinae ɖa. Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o. 29Ke mele egblɔm na mi be Salomo le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo me gɔ̃ hã mede wo dometɔ aɖeke nu le atsyɔ̃ɖoɖo me o. 30Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mata nu na mi sãa wu gbe siawo oa, O mi xɔse ʋe tɔwo? 31Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’ alo, ‘Nu kae míata o?’ 32Elabena Trɔ̃subɔlawo tia nenem nu siawo katã yome, ke mia Fofo si le dziƒo nyae be nenem nu siawo hiãa mi. 33Ke midi eƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã eye woatsɔ nu siawo katã hã akpe ɖe eŋuti na mi. 34Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu; elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo.”

Copyright information for EweBEE